Nahum 2:11 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Afi ka dzatawo ƒe do la le azɔ? Afi si wonyia dzataviwo le, afi si dzatatsu kple dzatanɔ kple dzatavi ɖia tsa le vɔvɔ̃manɔmee ɖe?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woaɖi gbɔloe ƒiaƒiaƒia, eye woahae! Dziwo alólo gbanaa eye klowo anɔ ƒoƒom kpakpakpa, aliwo katã adzo nyanyanya, eye ŋkumewo katã afu tititi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Afi ka dzatawo ƒe do la le, afi ka dzataviwo ƒe agado la le, afi si dzata léa nu vanɛ, eye dzataviwo nɔa anyi naneke medoa ŋɔdzi na wo o?