Nehemiah 10:29 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ame siawo katã wɔ ɖeka kple Israelvi bubumewo, eye woɖe adzɔgbe be Mawu ƒe fiƒode nava wo dzi ne womewɔ Yehowa ƒe Se siwo wòde na wo to Mose, Mawu ƒe dɔla la dzi o, eye woɖe adzɔgbe be woalé Yehowa, woƒe Aƒetɔ la ƒe Sewo kple ɖoɖowo katã me ɖe asi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye dukɔ la ƒe susɔea, nunɔlawo, Lewi-viwo, agbonudzɔlawo, hadzilawo kple gbedoxɔ me dɔwɔlawo kpakple amesiame, si ɖe eɖokui ɖa tso anyigba dzi dukɔwo dome hetrɔ ɖe Mawu ƒe se la ŋu la, wo srɔ̃wo, wo ŋutsuviwo kple wo nyɔnuviwo, amesiame, si ate ŋu ase egɔme ko la,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
míekpe ɖe mía nɔvi dukɔa me bubumewo ŋu hele atam kam be míazɔ ɖe Mawu ƒe Se si wòde to eƒe dɔla Mose dzi la nu, be míalé Aƒetɔ, mía Aƒetɔ ƒe sewo katã, kɔnuwo kple ɖoɖowo me ɖe asi, eye míawɔ wo dzi. Ne míetu atam sia la, fiƒode neva mía dzi.