Nehemiah 10:31 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Míelɔ̃ ɖe edzi be ne trɔ̃subɔla siwo le anyigba la dzi anɔ adzɔnu kple agblemenuku alo nu bubu aɖe dzram le Dzudzɔgbe alo ŋkeke kɔkɔe bubu aɖe dzi la, míagbe eƒeƒle. Míelɔ̃ ɖe edzi be míawɔ dɔ aɖeke le ƒe adrelia ɖe sia ɖe me o. Hekpe ɖe esia ŋu la, míate fli ɖe mía nɔvi Yudatɔwo ƒe fe siwo wonyi le mía si la me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eya enye bena, míatsɔ mía nyɔnuviwo na anyigba dzi dukɔwo o, eye míaɖe wo nyɔnuviwo na mia viŋutsuwo o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne anyigbaa dzi tɔwo tsɔ woƒe adzɔnuwo alo agblemenukuwo vɛ le dzudzɔgbe alo ŋkeke kɔkɔe aɖe dzi be yewoadzra la, míaƒle wo o. Le ƒè adrẽlia sia ƒe adrẽlia me la, míade agble o, eye ne míaƒe fe le ame aɖe ŋu la, míatsɔe akee.