Nehemiah 10:34 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Míada akɔ be míanya ƒe sia ƒe ƒe ɣeyiɣi si dzi nunɔlawo, Levitɔwo kple kplɔlawo ƒe ƒometɔwo ana nake si ŋu dɔ woawɔ le Yehowa, mía Mawu la ƒe vɔsamlekpui dzi abe ale si woŋlɔe ɖe Se la me ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
de ŋkumeɖobolo, gbesiagbe nuduvɔsa kple gbesiagbe numevɔsa, dzudzɔgbevɔsawo kple dzinu yeye vɔsawo kple ŋkekenyuie vɔsawo, akpedavɔsawo kple nuvɔ̃vɔsawo ŋu, be woalé avu na Israel kple mía Mawu ƒe ale ŋu ɖɔwo katã ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nenema ke mí nunɔlawo, Levi viwo kple dukɔ hahoa míedzidze nu ɖe nakenana dzi be Israel ƒe to vovovoawo nanɔ etsɔtsɔ va mía Mawu ƒe aƒe la me ɖɔlim le wo nɔewo dome ƒè sia ƒè. Woanɔ etsɔm vɛ le ɣeyiɣi ɖoɖiwo dzi be woatsɔe anɔ dzo dom le Aƒetɔ, mía Mawu ƒe vɔsamlekpui dzi abe ale si woŋlɔe ɖi le Se la me ene.