Nehemiah 10:36 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Abe ale si woŋlɔe ɖe Se la me ene la, míelɔ̃ ɖe edzi be míatsɔ míaƒe viŋutsu tsitsitɔwo kple míaƒe nyiwo, alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe ŋgɔgbeviwo ana Yehowa. Míatsɔ wo na nunɔla siwo le subɔsubɔdɔ wɔm le gbedoxɔ la me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woatsɔ agblemenu gbãlɔwo kple ati vovovowo ƒe tsetse ɖesiaɖe ava Yehowa ƒe aƒe la me le sia ƒe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Míatsɔ mía viŋutsu ŋgɔgbeviwo kple míaƒe aƒemelãwo: nyiwo, alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe vi gbãtɔwo ava na nunɔla siwo le subɔsubɔdɔ wɔm le mía Mawu ƒe aƒe la me abe ale si woŋlɔe ɖe Se la me ene.