Nehemiah 10:37 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Kpe ɖe esiawo ŋu la, woatsɔ nuawo adzra ɖo ɖe míaƒe Mawu ƒe gbedoxɔ la me. Nu siawoe nye míaƒe bli kple agblemenuku siwo ɖi bli la ƒe nyuitɔwo, míaƒe nudzɔdzɔwo, míaƒe kutsetse gbãtɔwo kple míaƒe wain yeye kple ami ƒe gbãtɔwo. Míedo ŋugbe be, míatsɔ míaƒe agblemenuku ɖe sia ɖe ƒe ewolia ɖeka na Levitɔwo, ame siwo ƒe dɔ wònye be woaxɔ nu ewoliawo ƒe ɖekawo le ame siwo le du suewo kple kɔƒewo me la si.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woatsɔ mía viŋutsuwo kple míaƒe lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo kpakple míaƒe nyiwo kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeviwo ava mía Mawu ƒe aƒe la me na nunɔla, siwo le subɔsubɔdɔ wɔm le mía Mawu ƒe aƒe la me, abe alesi woŋlɔe ɖe se la me ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nenema ke míatsɔ amɔwɔ gbãtɔwo, míaƒe nudzɔdzɔ gbãtɔ, míaƒe kutsetseti ɖe sia ɖe ƒe tsetse gbãtɔ, míaƒe aha kple míaƒe ami gbãtɔwo ava na nunɔlawo le mía Mawu ƒe aƒe la me. Míadzɔ míaƒe agblemenukuwo ƒe akpa ewolia na Levi viwo, ame siwo dzɔa nuwo ƒe akpa ewolia le míaƒe agblededuwo me la.