Nehemiah 10:38 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nunɔla Aron ƒe dzidzimevi ɖeka anɔ Levitɔwo gbɔ ne wole nuwo ƒe ewoliawo xɔm, eye Levitɔwo atsɔ nu ewolia si woxɔ la ƒe ewolia ayi gbedoxɔ me, adzra ɖo ɖe nudzraɖoƒe la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Míatsɔ míaƒe amɔwɔ kple míaƒe nudzɔdzɔ, kutsetse vovovowo, wein kple ami ƒe gbãlɔwo avae na nunɔlawo le xɔwo me le mia Mawu le aƒe la me, eye míatsɔ míaƒe agblemenuwo ƒe ewolia na Lewi-viwo, ne Lewi-viwo nava dza nuwo ƒe ewolia le míaƒe agblededuwo katã me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne Levi viawo le nu ewolia dzɔm la, ele be nunɔla aɖe si nye Aron ƒe dzidzimevi la nanɔ wo ŋu. Levi viawo atsɔ nu ewolia siwo wodzɔ la ƒe ƒuƒoƒo ƒe akpa ewolia ayi nudzraɖoƒexɔwo me le mía Mawu ƒe aƒe la me.