Nehemiah 10:39 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le Se la nu la, ele be Israelviwo kple Levitɔwo natsɔ woƒe nunana siwo nye bli kple bubuawo, wain yeye kple ami la, ayi gbedoxɔ la me, eye woatsɔ wo ade kɔkɔeƒe ƒe nuwo me hena nunɔla siwo le subɔsubɔ wɔm kple agbonudzɔlawo kple hadzilawo ƒe ŋu dɔ wɔwɔ. “Ale mí katã míelɔ̃ ɖe edzi be míagblẽ míaƒe Mawu ƒe gbedoxɔ la ɖi o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ne Lewi-viwo le nuawo ƒe ewolia dzɔm la, nunɔla, si nye Aron vi la, nanɔ Lewi-viawo gbɔ, eye Lewi-viawo natsɔ nuawo ƒe ewolia ƒe ewolia ayi nudzradoƒexɔwo me le mía Mawu ƒe aƒe la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Xɔ siawo mee Israel-dukɔmeviwo kple Levi viwo atsɔ nuku, aha kple ami siwo wodzɔ la ayii. Xɔ siawo mee gbedoxɔa me tsikunu kple agba vovovoawo nɔna. Afi mawo kee nunɔla siwo le subɔsubɔdɔ wɔm kple agbonudzɔlawo kpakple hadzilawo hã nɔna. Nuawo nayi alea be míagblẽ mía Mawu ƒe aƒe la ɖi ɣeaɖekeɣi o.