Nehemiah 11:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Malkiya ƒe kpeɖeŋutɔwo nye ŋutsu kako alafa eve kple blaene-vɔ-eve (242); Amasai, Azarel ƒe vi, Ahzai ƒe vi, Mesilemɔt ƒe vi, Imer ƒe vi
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nɔvia, siwo nye aƒekɔwo ƒe tatɔwo la, le eme alafa eve kple blane vɔ eve. Amesai, Azareel vi, amesi nye Axzai vi, amesi nye Mesilemot vi, amesi nye Imer vi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wo nɔvi alafa eve bla ene vɔ eve sɔŋ nye ƒometatɔwo. Amasai, Azarel vi, nye Axzai ƒe tɔgbuiyɔvi. Eƒe tɔgbuitɔgbui gã nye Mesilemot, ame si tɔ́ nye Imer.