Nehemiah 11:17 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Matania, Mika ƒe vi. Mika fofoe nye Zabdi, Asaf ƒe vi. Mataniae nye ame si dzea akpedasɔlemewo gɔme kple gbedodoɖa. Bakbukia kple Abda, Sanua ƒe vi nye eƒe kpeɖeŋutɔwo. Samua fofoe nye Galal, Yedutun ƒe vi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Matanya, Mixa vi, amesi nye Zabdi vi, amesi nye Asaf vi, eya nye kafukafuha ƒe henɔ, amesi doa „Mida akpe“ ɖa ɖe gbedodoɖa, kple Bakbukya, amesi nye evelia tso nɔvlawo dome, kpakple Abda, Samua vi, amesi nye Galal vi, amesi nye Yedutun vi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Matanya, Mixa vi, nye Zabdi ƒe tɔgbuiyɔvi, eye wòganye Asaf ƒe tɔgbuitɔgbuiyɔvi. Eyae doa akpedaha ɖa le gbedoɖaɣiwo. Wotia Bakbukya, Matanya nɔviwo dometɔ ɖeka be wòanɔ kpekpem ɖe eŋu; Abda, Samua vi, si tɔgbuie nye Galal eye etɔgbuitɔgbuia nye Yedutun.