Nehemiah 12:24 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le ɣe ma ɣi me la, Levitɔwo ƒe tatɔwoe nye: Hasabia, Serebia kple Yesua, Kadmiel ƒe vi. Woƒe kpeɖeŋutɔwo tsia tsitre ɖe wo ŋgɔ, eye wokpena ɖe wo ŋu le kafukafu kple akpedada wɔnawo me abe ale si David, Mawu ƒe ame la ɖoe da ɖi ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Lewi-viwo ƒe aƒekɔwo nye; Xasabya, Serebya kple Yesua, Kadmiel vi; eye wo nɔyiwo tsi tre ɖe wo kasa, be woakafu, eye woada akpe le Mawu ƒe ame Dawid ƒe sedede nu, ameha ɖe ameha yome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Levi viwo ƒe amegãwo: Xasabya, Sevebya kple Yesua, Kadmiel vi la. Wodzea ŋgɔ wo nɔvi bubuawo le mawuxɔ la me, eye wokafua Mawu, daa akpe nɛ hã, abe ale si David, Mawu ƒe ame ɖo ɖi be woanɔ wɔwɔm ene, ameha ɖe ameha yome.