Nehemiah 12:27 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi wonɔ Yerusalem ƒe gli yeyeawo ŋu kɔm la, Levitɔwo katã tso anyigba la ƒe akpa sia akpa va Yerusalem be yewoana kpekpeɖeŋu le wɔnawo me, eye yewoakpɔ gome le dzidzɔŋkekenyui la ɖuɖu me kple woƒe akpedada, gakogoewo, hadzidziwo kple kasaŋkuwo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi wole Yerusalem ŋu gliawo ŋu kɔ ge la, woɖadi Lewi-viwo tso wo nɔƒewo katã vɛ, ne woatsɔ akpedahawo, hadzidziwo, gakogoewo, saŋkuwo kple kasaŋkuwo aɖu glia ŋu kɔkɔ ŋkekenyuie kple dzidzɔ ŋkekenyuie lae.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi wòɖo edzi be woakɔ Yerusalem-glia ŋu la, woyi ɖadi Levi viwo tso wo nɔƒewo katã vɛ ne woaɖu glia ŋuti kɔkɔ ŋkekenyui la kple dzidzɔ, akpedada, hadzidzi kpakple gakogoewo, kasaŋkuwo kple dzewo.