Nehemiah 2:10 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke esi Sanbalat, Horonitɔ kple Tobia, Amonitɔ, ame siwo nye dɔnunɔlawo se nya sia la, dzi ku wo vevie ŋutɔ be ame aɖe va nyui di ge na Israelviwo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi Xoronitɔ Sanebalat kple Amonitɔwo ƒe ɖɔla Tobiya wosee la, dzi ku wo vevie ŋutɔ be, amea ɖe va nyui di ge na Israel-viwo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Sanebalat, Xorontɔ la kple eƒe kpeɖeŋutɔ Tobiya, si nye Amontɔ, se be meva ɖo la, eku dzi na wo ŋutɔ be ame aɖe va be yeawɔ nyui na Israelviwo.