Nehemiah 2:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le zã me la, míedo go to Balimegbo la me ɖo ta Yakal ƒe Vudo la gbɔ, heyi Aɖukpogbo la gbɔ be míakpɔ gli gbagbãwo kple agbo siwo wotɔ dzoe la ɖa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Meto balimegbo la nu le zã me heva ke ɖe lovudo la kple akɔligbo la gbɔ, eye meɖe ŋku ɖe Yerusalem ƒe gli gbagbãwo kple alesi dzo fiã eƒe agbowoe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Meto Balimegbo nu va do ɖe Lovudo gbɔ, yi dzi ɖado ɖe Akɔligbo gbɔ. Le nye tsaɖiɖia me la, melé ŋku ɖe Yerusalem-gliawo ƒe afi siwo gbã kple dua ƒe agbo siwo dzo fiã la ŋu.