Nehemiah 2:16 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Dua ŋu dzɔlawo menya be medo go de afi siawo o, eye womenya nu si ta mede o, elabena nyemegblɔ nya aɖeke na Yudatɔwo, nunɔlawo, bubumewo kple dɔnunɔlawo tso nye ɖoɖowo ŋu haɖe kura o. Nyemegblɔe na ame siwo le dɔa wɔ ge gɔ̃ hã o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke amegãwo menya afisi mede kple nusi meɖawɔ o; eye nyemeka eta na Yudatɔwo nunɔlawo, bubumewo, amegãwo kple dɔwɔla bubuawo o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Amegã siwo nɔ dua nu la menya kura be mede afi aɖeke o elabe va se ɖe ɣe ma ɣi la, nyemegblɔ nya aɖeke na Yudatɔwo, nunɔlawo, bubumewo, dua dzikpɔlawo kple ame bubu siwo le dɔa wɔ ge la ƒe ɖeke haɖe o.