Nehemiah 2:18 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Megblɔ ale si Mawu ƒe amenuveve ƒe asi le dzinyee kple ale si fia la gblɔ nam hã na wo. Woɖo eŋuti enumake be, “Enyo! Mina míagbugbɔ gli la aɖo!” Ale míedze dɔ nyui sia gɔme.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Megblɔ nye Mawu ƒe asi nyui, si le dzinye la na wo, eye meto fiaƒe nya, siwo wògblɔ nam la hã na wo. Tete wogblɔ bena: Míatso, eye míaɖo wo! Ale wodo ŋusẽ woƒe asiwo ɖe dɔ nyui la wɔwɔ ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mexlẽ ale si nye Mawu ŋutɔ kpɔ tanye, eye wòfia afɔɖoƒem le nu sia nu me la fia wo, eye meka nya siwo katã fia la gblɔ nam la hã ta na wo. Tete wogblɔ na wo nɔewo be: “Mía tɔwo, mina míagbugbɔ glia ɖo.” Ale wode dzo lã me na wo nɔewo ɖe dɔ nyui la wɔwɔ ŋu.