Nehemiah 2:19 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke esi Sanbalat Horonitɔ kple Tobia Amonitɔ kple Gesem Arabiatɔ la, se nye ɖoɖoawo la, woɖu fewu le mía ŋu hegblɔ be, “Nu kae nye esi wɔm miele hele aglã dzem ɖe fia la ŋu ale?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi Xoronitɔ Sanebalat kple Amonitɔwo ƒe dɔla Tobiya kpakple Arabiatɔ Gesem wosee la, woɖu fewu heɖe alɔme le mia bu gblɔ bena: Nuka nye esi wɔm míele, ɖe miebe, yewoadze aglã ɖe fia ŋua?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Sanebalat, Xorontɔ la, Tobiya kple Arabia-ŋutsu aɖe si woyɔna be Gesem se nyaa la, woko mí, ɖu fewu le mía ŋu. Wobia mí be: “Nu ka wònye wɔm miele? Ðe miedi be yewoadze aglã ɖe fia ŋua?”