Nehemiah 2:20 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke meɖo eŋu be, “Dziƒo ƒe Mawu la ana dzidzedze mí eƒe dɔlawo míagbugbɔ gli sia aɖo, ke miawo la, miaƒe asi manɔ dɔ sia me loo alo miakpɔ gome le Yerusalem alo axɔ ŋkɔ le ewɔwɔ me alo eƒe ɖe nanye mia tɔ o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete meɖo ŋu gblɔ na wo bena: Dziƒo Mawu la ana wòadze edzi na mi, eye mi, eƒe dɔlawo, míatso aɖo wo; ke miawo la gome kple nya kpakple ŋkɔa ɖeke mele mía si le Yerusalem o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Meɖo eŋu na wo be: “Dziƒo Mawu la ana dɔa adze dzi na mí. Mí eƒe dɔlawo míatso ziã aɖo glia. Ke miawo la, naneke mele Yerusalem-du sia me fifia si miate ŋu atɔ asi akɔ be enye yewo tɔ o, eye naneke meli woatsɔ aɖo ŋku mia dzi o.”