Nehemiah 2:9 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi meɖo dukɔ siwo nɔ Frat Tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la, metsɔ fia la ƒe agbalẽwo na mɔmefiawo. Kpe ɖe esia ŋu la, etsɔ aʋafia kple asrafo sɔdolawo kpe ɖe ŋunye.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Fia la kpe aʋafiawo kple sɔdolawo ɖe ŋunye, eye meva anyigba dzikpɔlawo gbo le tɔsisi la ƒe go keme hetsɔ fia ƒe agbalẽawo na wo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Fiaa ɖe asrafomegã aɖewo kple sɔdzisrafo aɖewo kpe ɖe ŋunye. Tete medze mɔ. Meva ɖo Tɔgodo Nutome mɔ́mefiawo gbɔ, eye metsɔ fia ƒe agbalẽawo na wo.