Nehemiah 3:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ame siwo gbugbɔ Balimegbo la ɖɔɖola woe nye Hanun kple Zanoatɔwo. Wode agbomedegawo kple ʋɔmedegawo eŋu. Azɔ la, wogbugbɔ gli la ƒe akpa si ƒe didime anɔ abe mita alafa ene blaatɔ̃ ene la tu va se ɖe Aɖukpogbo la nu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Xanun kple Zanoaxtɔwo ɖɔ balimegbo la do; wowu enu, eye woɖe ʋɔtruwo, ʋɔtru ŋu gawo kple ʋɔmedetiwo enu; eye woɖo glia vaseɖe akɔligbo la gbɔ wole abɔklugui akpe ɖeka.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Xanun kple Zanoaxtɔwoe dzra Balimegboa ɖo: wogbugbɔe ɖo, de ʋɔtruawo enu eye wode ʋɔtruŋugaawo kple ʋɔmedetiawo wo nɔƒewo. Eyome wodzra glia ɖo va se ɖe Akɔligboa gbɔ. Akpa si woawo ɖeɖe dzra ɖo la didi meta alafa ene bla ene.