Nehemiah 3:24 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le woawo yome la, Binui, Henadad ƒe vi ɖo gli la tso Azaria ƒe aƒe gbɔ yi dzogoe la dzi,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyome Binui, Xenadad vi, ɖɔ akpa evelia ɖo tso Azarya ƒe aƒe gbɔ vaseɖe afisi glia ƒe tɔtrɔƒe, eye vaseɖe dzogoe dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Benui, Xenadad vi, dzra akpa si kplɔe ɖo la ɖo. Akpa sia tso Azarya ƒe aƒe gbɔ va se glia ƒe dzogoe dzi.