Nehemiah 3:8 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Uziel, Harhaia ƒe vi si nye sikaɖaŋuwɔlawo dometɔ ɖeka la hã wɔ dɔ le gliawo ŋu. Ame si wɔ dɔ kplɔe ɖo lae nye Hananiya, amiʋeʋĩwɔla aɖe. Woɖɔ gli la ɖo tso Yerusalem va se ɖe keke Gli Gbadza la gbɔ ke.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Uziel, Xarhaya vi, amesi tso sikanutulawo dome la, kpe ɖe wo ŋu le glia ɖoɖo me, eye Xananya, amesi tso ami ʋeʋẽe ɖalawo dome la, kpe de eŋu glia ɖoɖo me; eye wodra Yerusalem ɖe enu vaseɖe gli keke la gbɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Uziel, Xarhaya vi, si nye sikanutula lae dzra akpa si kplɔ Melatya tɔ la ɖo. Xananya si nye ami ʋeʋẽe ɖala lae dzra akpa si va ɖe esia yome la ɖo va se ɖe Gli Gbadza la nu.