Nehemiah 5:12 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wolɔ̃ ɖe nya sia dzi, eye wodo ŋugbe be yewoakpe ɖe yewo nɔviwo ŋuti, eye yewomagana be woatsɔ woƒe anyigbawo aɖo awɔba, eye woadzra wo viwo na amewo o. Ale meyɔ Osɔfowo, bubumewo kple dɔnunɔlawo, eye mena kesinɔtɔ siawo ɖe adzɔgbe be yewoawɔ yewoƒe ŋugbedodo dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete wogblɔ bena Miagbugbɔ wo ana, eye míabia naneke tso wo si o; miawɔ, abe alesi nègblɔ ene! Meyɔ nunɔlawo vɛ, eye mene woka atam be, woawɔ nya sia dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woɖo eŋu be: “Míexɔ wò aɖaŋua; míawɔ edzi. Míatrɔ nuawo na wo, eye míagalĩ fe aɖeke wo o.” Meyɔ nunɔlawo vɛ, eye mena ame siwo ŋu amewo nyi fe le la va ka atam le nunɔlaawo ŋkume be yewoawɔ ŋugbe si yewodo la dzi.