Nehemiah 6:9 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Wo katã wole agbagba dzem be woado ŋɔdzi na mí hesusu be, “Woƒe alɔwo ado agblɔ le dɔ la ŋu, eye womate ŋu awu enu o.” Ke medo gbe ɖa be, “Do ŋusẽ nye alɔwo azɔ.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena wo katã le didim be, yewoado ŋɔdzi na mí hele susum be, woƒe asiwo ado agblɔ de dɔ la ŋu, eye womawu nu o. Eyata do ŋusẽ nye asiwo!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woƒe taɖodzinue nye be yewoado vɔvɔ̃ na mí be míaƒe lã me natu ɖe dɔa ŋu ne wòase ɖe afi ma. Ke nye la, medo gbe ɖa be: “O Mawu, do ŋusẽm.”