Nehemiah 7:3 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mede se na wo be, womaʋu Yerusalem ƒe agboawo o va se ɖe esime ɣe nadze nyuie hafi, eye woatu wo, ade ga wo me le esime dzɔlawo aganɔ gliawo ŋu dzɔm ko. Mede se hã be ele be dzɔlawo nanye Yerusalemtɔwo, eye woawɔ dɔ edziedzi. Hekpe ɖe esia ŋu la, ele be ame sia ame si ƒe aƒe te ɖe gli la ŋu la, nadzɔ gli la ƒe akpa si tsɔ ɖe egbɔ la ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye megblɔ na wo bena: Womekpɔ mɔ aʋu Yerusalem-gboawo, vaseɖe esime ŋɖɔ naʋu o, eye woado agboawo ade gameti wo me, ne dzɔlawo le wo teƒewo. Eye woɖe dzɔlawo tso Yerusalemtɔwo dome, amesiame le enɔƒe le eƒe aƒe kasa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Megblɔ na wo be: “Ne ŋu ke la, migana woaʋu Yerusalem ƒe agboawo o, va se ɖe esime ŋdɔ naʋu nyuie, eye ne ɣe le to ɖom la, mina woado wo, ade gameti wo me hafi agbonudzɔlawo nado le dɔ me. Mitia dzɔlawo tso Yerusalem-dua me tɔwo dome. Mina ɖewo nanɔ dua ƒe akpa tɔxɛ aɖewo dzɔm, eye bubuawo nanye dzɔlawo le woawo ŋutɔ ƒe aƒewo gbɔ lɔƒo.”