Nehemiah 7:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nye Mawu dae ɖe nye dzi dzi be mayɔ takpekpe na bubumewo, dɔnunɔlawo kple ame hahoawo ne woaŋlɔ ŋkɔ ɖe woƒe ƒomeawo me. Mekpɔ ame gbãtɔ siwo gbɔ tso aboyome la ƒe dzidzimegbalẽ. Nu siwo woŋlɔ ɖe eme la woe nye.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete nye Mawu dee dzi me nam be, maƒo bubumewo, amegãwo kple dukɔ la nu ƒu, ne maŋlɔ woƒe ŋkɔwo le woƒe ƒomeawo nu. Eye mekpɔ amesiwo gbɔ zi gbãtɔ la ƒe dzidzimegbalẽ, eye ale woŋlɔ ɖe eme enye si.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Mawu na mese le ɖokuinye me be ele be mayɔ bubumewo, dudzikpɔlawo kple dukɔa me tɔ bubuawo aƒo ƒu, aŋlɔ wo ŋkɔwo ɖe woƒe ƒomewo nu. Meva ke ɖe ame siwo gbɔ tso aboyo me le hatsotso gbãtɔ me la ƒe ŋkɔgbalẽ ŋu. Woŋlɔ ŋkɔawo ɖe eme ɖe ƒomewo nu.