Nehemiah 8:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nehemia gblɔ na wo be, “Miyi miaɖu nuɖuɖu nyui, miano aha vivi, eye miaɖo ɖe ɖe ame siwo mekpɔ naneke ɖa o. Esia nye ŋkeke kɔkɔe na míaƒe Aƒetɔ la. Migaxa nu o, elabena dzidzɔkpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu nye miaƒe ŋusẽ.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wògblɔ na wo bena: Miyi, ne miaɖu aminu, eye miano aha vivi, eye miɖo ɖe de amesiwo si ɖeke mele o la, elabena ŋkeke sia ŋu kɔ na mia Aƒetɔ la, migaxa nu o; elabena dzidzɔkpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu enye miaƒe mɔ̃ sesẽ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete wògblɔ na wo be: “Miheyi, ne miaɖu aminu eye miano wain vivi, eye miana nu siawo ƒe ɖe ame si mekpɔ ɖeke aɖu alo ano o la hã, elabe ŋkeke sia le kɔkɔe na mía Aƒetɔ eya ta migalé blanui o; elabe dzidzɔkpɔkpɔ ɖe Aƒetɔ ŋu nye míaƒe ŋusẽ.”