Nehemiah 8:15 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mawu gblɔ hã be, woaɖe gbeƒã le woƒe duwo katã me kple Yerusalem hã be, “Miyi toawo dzi, eye miatso amiti, gbemiti, mirteti, deti kple gboti ƒe alɔwo atu agbadɔwo, eye mianɔ wo me abe ale si woŋlɔe ɖi ene.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye woado kpo aɖe gbeƒã le woƒe duwo katã me kple Yerusalem be; Mido yi towo dze eye mitso amiti ŋutɔ ƒe alɔwo, gbemiti ƒe alɔwo, mirte ƒe alɔwo, deʋayawo kple afi dɔdɔewo ƒe alɔwo, ne miatsɔ awɔ agbadɔe, abe alesi woŋlɔ ɖi ene!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
eye be woaŋlɔ agbalẽ, aɖe gbeƒã le Yerusalem-dua ƒe afi sia afi kple du bubuawo me be: “Miyi togbɛwo dzi ne miatso amiti ŋutɔ ƒe alɔwo, gbememiti ƒe alɔwo, mirte ƒe alɔwo, deʋayawo kple ati dɔdɔe ƒe alɔwo ne miatsɔ va wɔ agbadɔwo abe ale si woŋlɔ ɖi le sea me la ene.”