Nehemiah 8:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Agbalẽfiala Ezra de agba kɔkɔ aɖe si wowɔ kple ʋuƒo hena ŋkekea la dzi. Matitia, Sema, Anaya, Uria, Hilkia kple Maaseya, wonɔ tsitsre ɖe eƒe ɖusime, eye Pedaya, Misael, Malkiya, Hasum, Hasbadana, Zekaria kple Mesulam wonɔ tsitre ɖe eƒe miame.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Agbalẽfiala Ezra tsi tre ɖe kɔkɔƒe, si wotsɔ ʋuƒo wɔe ɖe nusiawo tɔgbe ŋu, eye Matitya, Sema, Anaya, Uriya, Xilkiya kple Maaseya wotsi tre ɖe exa le ɖusi me, eye Pedaya, Misael, Malkiya, Xasum, Xasbadana, Zaxarya kple Mesulam wole eƒe mia me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aɖakago gã gbadza aɖe si wokpa koŋ ɖe ŋkekea ŋu la dzie Ezra, agbalẽfiala la tsi tsitre ɖo. Matitya, Sema, Anaya, Uriya, Hilkiya kple Maaseya tsi tsitre ɖe eƒe ɖusime, eye Pedaya, Misael, Malkiya, Xasum Xasbadana, Zaxarya kple Mesulam hã tsi tsitre ɖe eƒe miame.