Nehemiah 8:9 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Gɔvina Nehemia, nunɔla kple agbalẽfiala Ezra kple Levitɔ siwo nɔ nu fiam ameawo la, gblɔ na wo katã be, “Egbee nye ŋkeke kɔkɔe na Yehowa, miaƒe Mawu la, eya ta migaxa nu alo afa avi o,” elabena ameawo katã wonɔ avi fam esi wonɔ Se la me nyawo sem.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete anyigba dzikpɔla Nexemya kple nunɔla Ezra, amesi nye agbalẽfiala, kpakple Lewi-vi, siwo le eme ɖem na dukɔa la, gblɔ na dukɔ blibo la bena: Ŋkeke sia ŋu kɔ na Yehowa, mia Mawu la, migaxa nu o, eye migafa avi o! Elabena dukɔ blibo le avi fam, esime wose se la me nyawo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Nexemya, anyigba dzikpɔla la, Ezra, nunɔla kple agbalẽfiala kple Levi vi siwo fiaa nu dukɔa la gblɔ na dukɔ blibo la be: “Ŋkeke sia le kɔkɔe na Aƒetɔ, mia Mawu la; migafa konyi alo afa avi o.” Elabe dukɔ blibo la fa avi esime wose sea ƒe nyawo.