Nehemiah 9:4 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Levitɔ aɖewo nɔ agba la dzi, eye wonɔ Yehowa kafum kple aseyetsohawo. Ame siawoe nye, Yesua, Bani, Kadmiel, Sebania, Buni, Serebia, Bani kple Kenani.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Yesua, Bani, Kadmiel, Sebanya, Euni, Serebya, Bani kple Kenani wotsi tre ɖe Lewi-viwo ƒe kɔkɔƒe la, eye wodo ɣli kple gbe sesi na Yehowa, woƒe Mawu la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nɔƒe kɔkɔ tɔxɛ aɖe li koŋ na Levi viwo, afi si Yesua, Bani, Kadmiel, Sebanya, Buni, Serebya, Bani kple Kenani, siwo katã nye Levi viwo la tsi tsitre ɖo. Tete Levi vi siawo do gbe ɖa kple gbe sesẽ na Aƒetɔ, woƒe Mawu la.