Numbers 1:20 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eye woxlẽ ŋutsu siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema la, eye woate ŋu ade aʋa le Israel ƒe ŋgɔgbevi Ruben ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo ɖekaɖeka le woƒe ƒomewo kple aƒewo nu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye woxlẽ ŋutsu, siwo katã xɔ ƒe blave kple vo, eye woate ŋu ade aʋa le Israel-ƒe ŋgɔgbevi Ruben ƒe dzidzimeviwo dome la, ƒe ŋkɔwo ɖekaɖeka le woƒe ƒomewo kple wo fofowo ƒe aƒewo nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woxlẽ Ruben, Israel ƒe ŋgɔgbevi la ƒe amewo, ɖe woƒe dzidzimeviwo, ɖe woƒe ƒomewo, wo tɔ́wo ƒe aƒekɔ, woƒe ŋkɔwo ƒe xexlẽme nu, tatɔ ɖe tatɔ yome, ŋutsu sia ŋutsu si xɔ ƒe bla eve kple vɔ siwo katã ate ŋu ade aʋa la: