Numbers 11:21 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mose gblɔ be, “Ŋutsuawo ɖeɖe de akpe alafa ade, nyɔnuwo kple ɖeviwo mele eme o; le esime nèdo ŋugbe be yeana lã wo ɣleti blibo ɖeka!
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mose ɖo ŋu bena: Dukɔ la dometɔ, siwo le afɔ zɔm, amesiwo dome mele la, le ame akpe alafa ade, eye nèle gbɔgblɔm be, yeana lã wo ɣleti ɖeka sɔŋ mahã?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mose gblɔ na Aƒetɔ be: “Ame akpe alafa ade sɔŋ kplɔm mele. Ɖe nèle gbɔgblɔm be yeana lã wo, wòade wo katã nu ɣleti ɖeka sɔŋ mahã?