Numbers 11:31 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ ya sesẽ aɖe ƒo tso Yehowa gbɔ, eye wòkplɔ tegliwo vɛ tso atsiaƒu dzi. Ena wodze ɖe anyigba ƒo xlã asaɖa la katã. Woli kɔ ɖe wo nɔewo dzi, anɔ abe mita ɖeka ene tso anyigba, eye woƒe kekeme tso asaɖa la gbɔ anye ŋkeke ɖeka ƒe azɔli.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Yehowa na yaa ɖe ƒo, eye wòlɔ tegliwo tso ƒu gome kɔ ɖe wo nɔewo dzi ƒo xlã asaɖa la godoo va kpe; wozɔ wo ŋu le go si me ŋkeke ɖeka, eye wozɔ wo ŋu le go keme me hã ŋkeke ɖeka, eye wokɔ tso anyigba ano abɔklugui eve.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Aƒetɔ na ya aɖe ƒo tso ƒu gome, eye wòlɔ tegliwo vɛ. Wodzo le ya me tso anyigba gbɔ kpuie abe meta ɖeka ko ene. Wodze ɖe anyigba ƒo xlã asaɖa la godoo va kpe le goawo katã me, va se ɖe esime wokɔ tso anyigba abe meta ɖeka ene, zɔzɔ aɖo wo gbɔ nye ŋkeke ɖeka ƒe azɔli.