Numbers 11:32 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ŋkeke kple zã blibo la kpakple ŋkeke si kplɔe ɖo la, ameawo do go yi ɖalé tegliawo, eye ame aɖeke melé tegliawo wòle sue wu kilo eve kple afã o. Wosia wo ƒo xlã asaɖa blibo la kpe ɖo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye dukɔ la tso yi ɖafɔ tegliawo ŋkeke blibo la kple zã blibo la kpakple ŋkeke, si dze eyome hã; amesi fɔe ʋee ko la tɔ ade gomer ewo, eye wosia wo ƒo xlã asaɖa la godoo va kpe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wofɔ wo gbe ma gbe ʋuu zã do, eye woganɔ wo fɔfɔ dzi zã blibo la hã va se ɖe esime ŋu ke, gake woganɔ wo fɔm ko. Esiwo ame sia ame fɔ la ƒe kpekpeme ade kilo akpe ɖeka teti, eye wosia wo ƒo xlã asaɖa la.