Numbers 12:8 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Meƒoa nu kplii, ŋkume kple ŋkume. Meƒoa nu eme kɔna, eye menye le alobalowo me o; ekpɔa Yehowa ƒe dzedzeme. Ekema nu ka ta mievɔ̃ be yewoaƒo nu, atsi tsitre ɖe nye dɔla, Mose ŋu o ɖo?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
boŋ nye ŋutɔ meƒoa nu kplii ŋku me kple ŋku me, nyemetoa adzo nɛ o, ke boŋ meɖea nuawo ŋutɔ fia nɛ, eye wòkpɔ Yehowa ƒe dzedzeme. Nukaŋuti mieva nye dɔla o, eye mieƒo nu le Mose ŋua?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nye ŋutɔ meƒoa nu kplii ŋkume kple ŋkume, eye nyemeɣlaa nya aɖeke ɖee o; menana be nu sia nu me kɔna nɛ nyuie. Medzena nɛ kura gɔ̃ wòkpɔa Aƒetɔ ƒe nɔnɔme. Nu ka ta mievɔ̃a nuƒoƒo le nye dɔla Mose ŋu o?”