Numbers 13:22 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wotso afi ma ɖo ta dzigbeme lɔƒo; woto Negeb gbã, eye woyi Hebron. Wokpɔ Ahimanitɔwo, Sesaitɔwo kple Talmaitɔwo. Ame siawo katã nye Anak, ame dzɔatsu ƒe dzidzimeviwo. (Hebron nye du xoxo aɖe. Wotsoe ƒe adre do ŋgɔ na Tanis tsotso le Egipte.)
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woɖo ta dziehe vaseɖe Xebron, afisi Aximan, Sesai kple Talmai, amesiwo nye Enak viwo nɔ. Ke wotso Xebron ƒe adre megbe, hafi wova tso Zoan le Egipte.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ woɖo ta anyigba la ƒe anyigbeme, eye wova Xebron, afi si Aximan, Sesai kple Talmai, ame siwo nye Anak, ame dzɔtsu la, ƒe dzidzimeviwo la nɔ. Wotso Xebron-du ƒe adrẽ megbe hafi wotso Zoan le Egipte.