Numbers 13:27 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wona nutsotso Mose ale, “Míede anyigba si dzi mieɖo mí ɖo be míatsa ŋku le la dzi. Enye anyigba nyui aɖe ŋutɔ, anyigba si dzi notsi kple anyitsi le tsatsam le. Míetsɔ kutsetse siawo vɛ be woaɖe nya si gblɔm míele la ƒe nyateƒenyenye afia.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòto woƒe numegbe la nɛ bena: Miede anyigba, si dzi nedɔ mí ɖo la dzi; notsi kple anyitsi bɔ ɖe edzi vava, eye edzi kutsetsewo hã enye si;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wogblɔ na Mose be: “Míede ɖatsa ŋku le anyigba si dzi nèdɔ mí ɖa la dzi. Enye anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la, eye edzi kutsetse aɖewo nye esiawo.