Numbers 13:3 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Israelviwo ƒu asaɖa anyi ɖe Paran gbedzi ɣe ma ɣi. Mose wɔ ɖe se si Yehowa de nɛ la dzi, eye wòdɔ toawo ƒe kplɔla siawo ɖa:
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Mose ɖɔ wo ɖa tso Paran-gbedzi le Yehowa ƒe se la nu; ŋutsuawo, katã nye ame ŋkutawo le Israel-viwo dome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale Mose dɔ wo ɖa tso Paran-gbedadaƒo, le Aƒetɔ ƒe gbeɖeɖe nu. Ŋutsuawo katã nye tatɔwo le Israelviwo dome.