Numbers 15:23 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa ƒe se siwo wode na mi to edzi tso gbe si gbe Yehowa de wo, woayi edzi to dzidzime siwo gbɔna me,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
miewɔ se, siwo katã Yehowa na Mose de na mi, tso gbesigbe Yehowa de asi sedede me na mi hena miaƒe dzidzimeviwo dzi la, dzi o;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gawu la, migatsɔe be le ɣeyiɣi si gbɔna me la, mia kple miaƒe dzidzimeviwo katã miewɔ se siwo katã Aƒetɔ de na mi to Mose dzi la dzi o.