Numbers 16:17 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ame sia ame natsɔ dzudzɔdosonu ɖe asi, akɔ dzudzɔdonu ɖe wo me. Wo katã ƒe xexlẽme nanye alafa eve blaatɔ̃ (250), eye miatsɔ wo va Yehowa ŋkume. Wò kple Aron hã, miatsɔ miaƒe dzudzɔdosunuwo ɖe asi vɛ.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amesiame natsɔ eƒe dzudzɔdosonu, eye woada dzudzɔdonu ɖe eme ava Yehowa ŋku me; dzudzɔdosonu alafa eve blaatɔ̃ wòanye, amesiame kple etɔ, eye mía kple Aron hã miatsɔ míaƒe dzudzɔdosonuwo vɛ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Na mia dome ame sia ame natsɔ eƒe dzudzɔdosonu, ada dzudzɔdonu ɖe eme eye woava Aƒetɔ ŋkume. Dzudzɔdosonu alafa eve bla atɔ̃ wòanye, ame sia ame kple etɔ. Wò kple Aron hã miatsɔ mia tɔwo vɛ.”