Numbers 16:28 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eye Mose gblɔ be, “To nu sia me la, mianya be Yehowae dɔm ɖa be mawɔ nu siawo katã, eye menye nye ŋutɔ nye susu o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Mose gblɔ bena: Esia miatsɔ adze sii bena, Yehowae dɔm, be mawɔ dɔ siawo katã, eye menye nye ŋutɔ nye dzimee wotso o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mose gblɔ na ameawo be: “Miadze sii to nu sia wɔwɔ me be Aƒetɔ ye dɔm be mawɔ dɔ siawo katã, eye menye nye ŋutɔ ko tso wɔ wo o.