Numbers 17:10 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa gblɔ na Mose be wòatsɔ Aron ƒe atikplɔ la ada ɖe nubablaɖaka la xa, wòanɔ afi ma tegbetegbe be wòaɖo ŋku aglãdzedze sia dzi na ameawo. Ne ame aɖe galĩ liʋĩliʋĩ tso Aron ƒe nɔƒe ŋu la, ekema ele be Mose nahe atikplɔ la do goe, atsɔ afia ameawo. Nu sia ana be dzɔgbevɔ̃e bubu magava ameawo dzi o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mide megbe le ha sia ŋu, ne matsrɔ̃ wo zi ɖeka! Tete wotsyɔ mo anyi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Gbugbɔ Aron ƒe atizɔti la ya yi ɖada ɖe nubablaɖaka la ŋgɔ. Wonedzrae ɖo ɖe afi ma ne wòanye dzesi na Israelvi aglãdzelawo, woatsɔ anɔ ŋku ɖom edzi be, ne womedzudzɔ liʋiliʋĩlilĩ le ŋunye o la, woaku.”