Numbers 17:5 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mawɔ atikplɔ siawo ŋu dɔ be made dzesi ame si metia, elabena amea ƒe atikplɔ azu ati gbagbe, eye wòadze! Ekema Israelviwo ƒe liʋĩliʋĩlilĩ ɖe mia ŋu nu atso!’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
hena ŋkuɖoɖodzi na Israel-viwo, bena ame tutɔa ɖeke, amesi metso Aron ƒe dzidzimeviwo dome o la, magate va, be yeatɔ dzo dzudzɔdonu le Yehowa ŋku me, eye wòava me nɛ abe Korax kple eƒe ha la ene o; abe alesi Yehowa de se nɛ to Mose dzi ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame si ke matia la ƒe atizɔti adzè. To esia me mana Israelviwo adzudzɔ liʋiliʋĩlilĩ le mia ŋu.”