Numbers 18:20 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa gblɔ na Aron be, “Mianyi woƒe anyigba ƒe dome o, eye miakpɔ gome le wo dometɔ aɖeke me o, nyee nye miaƒe gome kple miaƒe domenyinu le Israelviwo dome.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yehowa gblɔ na Aron bena: Naneke manye tɔwo le woƒe anyigba dzi o, eye makpɔ gomea ɖeka le wo dome o, elabena nyee nye wò gome kple wò domenyinu le Israel-viwo dome:
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ gblɔ na Aron be: “Naneke manye tɔwò si anye domenyinu le woƒe anyigba dzi o, eye anyigba aɖeke hã manye tɔwò gome le wo dome o. Nye Aƒetɔ e nye wò nu sia nu.”