Numbers 18:28 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale miawo hã miana nu Yehowa tso nu ewolia siwo katã miexɔ tso Israelviwo gbɔ la me. Tso nu ewolia siawo me la, miatsɔ Yehowa ƒe ɖuƒe ana Aron, nunɔla la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale miade adzɔ le nuwo katã ƒe ewoliawo ɖeka, siwo miaxɔ le Israel-viwo si la, ŋu na Yehowa, eye miatsɔ Yehowa ƒe adzɔ la ana nunɔla Aron.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale miaɖe adzɔ le nuwo katã ƒe akpa ewolia siwo miaxɔ le Israelviwo si la ŋu na Aƒetɔ. Mitsɔ Aƒetɔ ƒe adzɔ tɔxɛ la na nunɔla Aron.