Numbers 18:8 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa gade se siawo na Aron. “Metsɔ nunana siwo katã Israelviwo tsɔna vɛ na Yehowa la na nunɔlawo. Nunana siwo katã wotsɔna naa Yehowa to wo nyenye le vɔsamlekpui la ŋgɔ me la nye wò kple viwò ŋutsuwo tɔ le se mavɔ la nu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yehowa gblɔ na Aron bena: Kpɔ ɖa, metsɔ adzɔ, siwo woɖena le Israel-viwo ƒe nunana kɔkɔewo katã ŋu la, na wò, wò ŋutɔ kple viwòŋutsuwo ƒe gome wònye, ɖoɖo mava wòanye.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ gblɔ na Aron be: “Kpɔ ɖa, metsɔ adzɔ siwo woɖena le Israelviwo ƒe nunana kɔkɔewo katã ŋu la na wò. Woanye wò ŋutɔ kple wò dzidzimeviwo ƒe gome, eye esia nanye ɖoɖo si anɔ anyi ɖaa.