Numbers 19:12 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ele be wòakɔ eɖokui ŋuti le ŋkeke etɔ̃lia kple adrelia gbe kple tsi, si tso nyinɔ la ƒe afi me. Ekema eŋuti akɔ. Ne mewɔ esia le ŋkeke etɔ̃lia dzi o la, ekema eƒe ŋutimakɔmakɔ la ayi edzi adze le ŋkeke adrelia gɔ̃ hã ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòatsɔe aɖe nuvɔ̃ ɖa le eɖokui ŋu le ŋkeke etɔ̃lia kple ŋkeke adrelia dzi, ekema eŋu ko; gake ne meɖe nuvɔ̃ ɖa le eɖokui ŋu le ŋkeke etɔ̃lia kple ŋkeke adrelia dzi o la, ekema eŋu meka o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Atsɔ tsi la akɔ eɖokui ŋu le ŋkeke etɔ̃lia kple adrẽlia gbe, eye eŋuti akɔ. Evɔ ne mekɔ eɖokui ŋu le ŋkeke etɔ̃lia kple adrẽlia gbe o la, eŋu makɔ o.