Numbers 19:18 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ekema ame si ŋuti kɔ la, atsɔ kakle ƒe alɔdzewo ade tsi la me, eye wòahlẽ tsi la ɖe agbadɔ la kple ze kple gagbɛ siwo katã nɔ agbadɔ la me kple ame si ƒe agbadɔ la me nɔnɔ alo eƒe asikaka ameƒu alo ame kuku aɖe alo yɔdo aɖe ŋu na be eŋuti mekɔ o la ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ŋutsu, si ŋu kɔ la, natsɔ isop ade tsi la me awu ɖe agbadɔ la, eme nuwo katã kple amesiwo katã de afima la ŋu; alea woawui ɖe amesi de asi ameƒu alo amesi wowu, ame kuku alo yɔdo ŋu la hã ŋui.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gbã la, ŋutsu si ŋu kɔ la natsɔ hisɔp ade tsi la me awu ɖe agbadɔ la, emenuwo katã kple ame siwo katã le afi ma la ŋu. Nenema ke woawui ɖe ame si ka asi ameƒu, ame si wowu, ame kuku alo yɔdo ŋu la hã ŋui.