Numbers 19:7 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le esia megbe la, nunɔla anya eƒe awuwo, ale tsi, atrɔ ayi asaɖa la me, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nunɔla nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, emegbe hafi wòkpɔ mɔ ava asaɖa la me: gake nunɔla ŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Emegbe nunɔla la nanya eƒe awuwo eye wòale tsi. Ekpɔ mɔ azɔ atrɔ yi ɖe asaɖa la me; ke eŋu mekɔ o, le kɔa nu, va se ɖe fiẽ.